Mark 10:46-52

Yesu yɔ dɔ Bartimeo, ŋkuagbãtɔ la

(Mateo 20:29-34; Luka 18:35-43)

46Azɔ wova ɖo Yerixo. Emegbe esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo, Timeo ƒe vi la, nɔ anyi ɖe mɔto, le esime Yesu nɔ eme tsom va yina. 47Esi Bartimeo se be Yesu si tso Nazaret la, va ɖo ye gbɔ tututu la, edo ɣli sesĩe be, “Yesu David Vi, kpɔ nublanui nam!”

48Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Do to kaba.” Gake ɣlia dodo dzi ko wònɔ sesĩe wu tsã be, “Ao, David Vi lee, kpɔ nublanui nam.”

49Esi Yesu se eŋkɔ la, etɔ ɖe mɔƒoa me hegblɔ be, “Migblɔ nɛ be neva afii.” Ale woyi be yewoakplɔ ŋkunɔa vɛ. Wogblɔ nɛ be, “Wò la, dzɔgbenyuie le ŋuwò ŋutɔ, Yesu le yɔwòm, tso mídzo.” 50Eɖe eƒe awu xoxo si le eŋu la ƒu gbe eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ.

51Yesu biae be, “Nuka nèdi be mawɔ na wò?” Ŋkunɔ la ɖo eŋu nɛ be, “O, Nufiala, medi vevie be makpɔ nu.”

52Yeusu gblɔ nɛ be “Enyo, ava me na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.

Copyright information for EweBEE